Ta 8 — Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu
GSAM 134.1“Ŋutsu aɖe wɔ fiẽnuɖuɖu gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo; eye le fiẽnuɖuɖu ƒe ɣeyiɣi dzi la, edɔ eƒe dɔla be wòagblɔ na ame siwo wokpe la be: Miva, elabena wosra nuwo katã ɖo xoxo.”1
GSAM 134.2“Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu la.”2
GSAM 134.3Fiẽnuɖuɖu nye ŋkekea ƒe nuɖuɖu mamlɛtɔ. Le lododo sia me la, woyɔ ame zi etɔ̃ be woava fiẽnuɖuɖu. Mele be woatsɔ lododo sia ade nuɖuɖu ƒe yɔyɔ siwo ŋu wòƒo nu tsoe le Mateo 22:1-7 la me o. Nuɖuɖu ma nye ŋdɔnuɖuɖu. Le lododo si ku ɖe ŋdɔnuɖuɖu ƒe yɔyɔwo ŋu me la, míesrɔ̃ be “wodo vlo” ame siwo va ame yɔm la, eye wowu wo; wowu fia la ƒe vi hã gɔ̃. Fia si dɔ wo ɖa be woayɔ ame la “tsrɔ̃ hlɔ̃dolawo, eye wòtɔ dzo woƒe du la.”
GSAM 134.4Lododo sia ku ɖe “ŋdɔnuɖuɖu” ƒe yɔyɔwo ŋu, eye wòɖe nu si dzɔ ɖe ame siwo gbã gbé yɔyɔ ma la dzi fia. Eɖe nu si va ame siwo gbé Kristo ƒe nyanyui eye wowu eya kple eƒe apostolowo la dzi ŋutɔ la fia nyuie. Aƒetɔ la dɔ aʋakɔwo ɖe dukɔ ma ŋu, eye wo “tsrɔ̃ hlɔ̃dolawo, eye wotɔ dzo woƒe du la”—Yerusalem.
GSAM 134Yɔyɔ va Fiẽnuɖuɖu
GSAM 134.5Yɔyɔ va fiẽnuɖuɖu le lododo la me sia ku ɖe “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu” ŋu, ɖikeke aɖeke mele eme o. Wogblɔ yayra na ame siwo wokpe va “srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu” ma. Srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu nɔa srɔ̃ɖeɖe megbe. Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe adzɔ hafi wòava; elabena, abe ale si míekpɔ xoxo ene la, ne Kristo va le nuwuwu la, “atrɔ agbɔ tso srɔ̃ɖeɖe la me.”3
GSAM 135.1Ekema ele be yɔyɔ va srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu sia nanye mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedeasi le Nyaɖeɖefia 14 me, kple ɣeyiɣia ƒe gbeƒãɖeɖe le ta ewo me, si ŋu míeƒo nu tsoe xoxo la ke. Abe ale si Luka ŋlɔe ene la, yɔyɔ gbãtɔ va fiẽnuɖuɖu sia yi “ɖe ame siwo wokpe la gbɔ.” Amekawoe nye ame siwo wokpe xoxo la?—Ame siwo se Kristo ƒe nyanyui eye woxɔe. Wogblɔna be yewolɔ̃ Kristo, eye yewolɔ̃ eƒe vaɖeɖe zi evelia, si nye woƒe mɔkpɔkpɔ ƒe eme vava bliboe. Nu ka ta yɔyɔ la magbã yi wo gbɔ o? Abe ale si wòhiã be woagbã agblɔ nyanyui la na Yudatɔ siwo si Ŋɔŋlɔawo le eye wogblɔna be yewole Mesia ƒe vava lalam,4 ene la, nenema ke wotsɔ Kristo ƒe vava zi evelia ƒe gbedeasi gbã ɖo ame siwo gblɔ be yewonye eƒe yomedzelawo eye yewolɔ̃ eƒe vaɖeɖe la ŋkume.
GSAM 135Yɔyɔ na Ame Siwo Wokpe Xoxo La
GSAM 135.2Esi fiẽnuɖuɖu ƒe yɔyɔ gbãtɔ la nye na ame siwo wokpe xoxo la ta la, ele be wòayi hameawo gbɔ. Le nyateƒe me la, wogblɔ Kristo ƒe vava si gogo la ƒe gbeƒã le hameawo me tso ƒe 1833 va se ɖe ƒe 1844 ƒe ɣeyiɣi si me atiawo gbugbɔ ɖea ama le vuvɔɣi megbe dzi, eye hame mawo ƒe mawunyagblɔlawo kpe ɖe eŋu ŋutɔ. William Miller ƒe nuŋlɔŋlɔ gbãtɔ si me wòɖe eƒe nukpɔsusu tso Kristo ƒe vava si gogo ŋu fia la dze le Baptista hame ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me le Brandon, Vt. Eya kple eƒe hadɔwɔlawo ƒe dɔwɔwɔ va se ɖe ƒe 1844 ƒe ɣleti 4 me la, zi geɖe wònɔ hameawo ƒe xɔwo alo takpekpexɔ siwo ɣeyiɣi ma ƒe hameawo wɔ ɖoɖo ɖe ŋu la me.
GSAM 135.3Hamemegã Himes ƒo nu tso Hamemegã Miller ƒe dɔwɔwɔ va se ɖe ƒe 1844 ƒe ɣeyiɣi si me atiawo gbugbɔ ɖea ama le vuvɔɣi megbe dzi ŋu ale:
GSAM 135.3“Ewɔ dɔ le ha kple hame vovovoawo katã dome, eye meɖe asi woƒe ɖoɖowo alo woƒe sewo me o, elabena exɔe se be hame vovovoawo me tɔwo ate ŋu anɔ woƒe hameawo me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woasra wo ɖokui ɖo na woƒe Fia ƒe vava.”
GSAM 135.4Hamemegã Himes gblɔ kpe ɖe eŋu, esi wònɔ nu ƒom tso dɔ si eya kple Hamemegã Miller wɔ ɖekae ŋu la be: “Mawunyagblɔla kple hame siwo ʋu woƒe ʋɔtruti na mí kple mía nɔviŋutsu siwo nɔ Kristo ƒe vava ƒe nufiafia la gblɔm la ƒe akpa gãtɔ wɔ dɔ kple mí va se ɖe ƒe mamlɛtɔ la me”—ƒe 1844.
GSAM 136Ʋɔtruti Siwo Woʋu na Gbedeasi La
GSAM 136.1Wm. Miller gblɔ tso eƒe dɔ kple dɔ ma ƒe nɔnɔme ŋu be:
GSAM 136.1“Woʋu ʋɔtruti nam be magblɔ Kristo ƒe vava zi evelia ƒe nufiafia sia ƒe gbeƒã le hame vovovoawo katã kloe dome, ale be yɔyɔawo ƒe akpa sue aɖe koe mete ŋu xɔ.... Le afi sia afi si meyi la, hamea me tɔ siwo vɔ̃a Mawu, tsɔa wo ɖokuiwo naa eya, eye wole agbe le xɔse me wu la xɔa nukpɔsusu siwo ƒe gbeƒã wogblɔ alea la kaba; ke ame siwo gblɔna be yewonye xɔsetɔ gake wolɔ̃ xexeame, Farisitɔwo, ame siwo léa woƒe susu ko me ɖe asi, dadaŋutɔwo, ame siwo dada le wo ɖokuiwo me kple ɖokuitɔdilawo la ɖua fewu le Kristo ƒe vava zi evelia ƒe nufiafia la ŋu, eye wokoa nu le eŋu.”
GSAM 136.2Ku ɖe Kristo ƒe vava ƒe gbedeasi la ƒe nɔnɔme ŋu la, woate ŋu agblɔ nya si D’Aubigné gblɔ tso Hame Ɖɔɖɔɖo la ŋu la ke tso eŋu be,—“Wɔwɔe nɔ gbɔgbɔme gɔmeɖose aɖe ƒe ŋkɔ me. Egblɔ be Mawu ƒe nyae nye yeƒe nufiala; xɔsee nye yeƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ; Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye yeƒe aʋawɔnu: eye to nu siawo ŋutɔ dzi la, egbe xexeame ƒe nuwo katã.”
GSAM 136Gbɔgbɔme Nyɔnyɔ Ƒe Ƒutsotso Sẽ Aɖe
GSAM 136.3L. D. Fleming, si nye Casco mɔ dzi Kristotɔwo ƒe hame ƒe osɔfo le Portland, Maine la, ɖe gbɔgbɔme nyɔnyɔ si dze Kristo ƒe vava ƒe gbedeasi la ƒe gbeƒãɖeɖe yome la ƒe nɔnɔme me ale:—
GSAM 136.4“Didi si eƒe [Wm. Miller ƒe] nuƒoƒowo nyɔ ɖe amewo me la nye esi tso susu deto me eye seselelãme ƒe ʋuʋu sesẽ aɖeke mele eme o; eye togbɔ be enye gbɔgbɔme nyɔnyɔ gãtɔ kekeake si mekpɔ kpɔ hã la, seselelãme ƒe ʋuʋu le eme sue wu. Edze abe eƒe ŋusẽ léa ŋutsuwo ƒe akpa me ɖe asi wu ene. Nu si hea emetsonu sia vae nye esi: Nɔviŋutsu Miller tsɔa Gbɔgbɔ la ƒe yi, si woɖe le eƒe aku me eye woŋu megawu o la, tsɔa eƒe nu si nɔa ŋu ɖe dzi si ŋu nu aɖeke megale o la ŋu, eye wòtsoa nu! Esia koe wònye. Le aʋawɔnu ŋusẽtɔ sia ƒe nu si nɔa ŋu ŋkume la, dzimaxɔse gea anyi, eye nufiafia si gblɔ be amewo katã akpɔ ɖeɖe la ɖia ƒu. Gɔmeɖoanyi alakpawo buna, eye Babel ƒe asitsalawo wɔa nukunu. Edze nam be le nu siwo míekpɔ le fifia ƒe ɣeyiɣiwo me katã dome la, esiae te ɖe apostolowo ƒe gbɔgbɔme nyɔnyɔ ŋu wu vie.”
GSAM 137Nusi Dzɔ le Richmond, Me.
GSAM 137.1Be míatsɔ kpɔɖeŋu aɖe aɖe gbɔgbɔme nyɔnyɔ ƒe dɔ si kplɔ Kristo ƒe vava ƒe nufiafia la ƒe gbeƒãɖeɖe ɖo la fia la, míatsɔ nya aɖe tso ame aɖe si nɔ dɔ wɔm vevie le azɔli ma me ƒe nuŋlɔŋlɔ me. Esi wònɔ nu ƒom tso takpekpe si wowɔna ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe si wowɔ le Richmond, Me., si me wowɔ Baptista ƒe Lɔlɔ̃nu Ablɔɖe hame 30 teƒe le la ŋu la, egblɔ be:—
GSAM 137.2“Esi mege ɖe subɔsubɔƒea me la, Hamemegã Rollins, si nɔ anyi le nuƒoƒekpo la xa le xɔa ƒe akpa si didi wu me la, tsi tsitre gblɔ be: ‘Nɔviŋutsu White, àkpɔ nɔƒe le afi sia le gbɔnye.’ Le nuƒoƒoa megbe la, woɖe mɔ na amewo be woaƒo nu, eye meƒo nu le ablɔɖe me tso Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ kple ame dzɔdzɔewo ƒe aʋadziɖuɖu le Kristo ƒe vava zi evelia ŋu. Gbe geɖewo do ɣli be: ‘Amen! Amen!’ eye ame akpa gãtɔ le hame gã ma me nɔ avi fam.... Esi takpekpea nɔ nuwuwum la, Hamemegã Rollins bia mɔ nam, eye esi mexɔe ɖe asi la, etsi tsitre gblɔ be: ‘Nɔviŋutsu White, si nɔ anyi ɖe ɖusime nam la, aƒo nu le Reed ƒe takpekpexɔ me egbe fiẽ tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava zi evelia ŋu. Nɔviŋutsuwo, miva, eye misee na mia ɖokuiwo. Teƒe le mía si sɔ gbɔ be míaxɔ mi katã. Nɔviŋutsuwo, miva; nya sia ŋu nu sese mawɔ nuvevi ame aɖeke le mia dome o....’ Enya nyuie be nɔviawo ƒe akpa gãtɔ adzo le woƒe takpekpe si le du la me la gbɔ, eye woazɔ mɔ mila etɔ̃ be woase nye nya, eye woƒe takpekpe si dzi woɖo be woawɔ woƒe dɔwo ƒe nya la atso. Eye nenemae wòva nɔ. Mawunyagblɔlawo ƒe mama ene me etɔ̃ kple ame siwo katã kloe woti be woava ɖo ame bubuwo teƒe la dzo, eye ame yɔ Reed ƒe takpekpexɔ la me do ŋgɔ. Nye nyati nye Mateo 24. Mawu ƒe Gbɔgbɔ nam ablɔɖe gã aɖe. Amewo ƒe didi nɔ nukunu me.
GSAM 137.3“Esi menɔ nye nuƒoƒoa nu ƒom kple nuxɔxlɔ̃ na Kristotɔwo be woatsɔ wo ɖokuiwo na Mawu bliboe eye woanɔ klalo, kple na nuvɔ̃wɔlawo be woatsi Kristo adi eye woasra wo ɖokui ɖo na Amegbetɔ Vi la ƒe vava la, Mawu ƒe ŋusẽ va dzinye ale gbegbe be ele nam be matsɔ nye asi eveawo alé nuƒoƒekpo la ŋu be matɔ ɖe eŋu. Enye ɣeyiɣi si yɔ fũu kple bubu kɔkɔe. Esi mekpɔ nuvɔ̃wɔla siwo Kristo mele wo si o, siwo bu la ƒe nɔnɔme la, meyɔ wo kple avi eye megblɔ nya sia zi geɖe be: ‘Nuvɔ̃wɔla, va Kristo gbɔ, eye nàkpɔ ɖeɖe ne eva le eƒe ŋutikɔkɔe me la. Va, nublanuitɔ nuvɔ̃wɔla, hafi ɣeyiɣi nayi le edzi. Va, nuvɔ̃wɔla, nublanuitɔ nuvɔ̃wɔla, va.’”
GSAM 138.1“Bubu kɔkɔe ƒe sese si yɔ teƒea me la nɔ ŋɔdzi me. Mawunyagblɔlawo kple amewo nɔ avi fam, ɖewo nɔ avi fam kple ɣli. Le yɔyɔ ɖe nuvɔ̃wɔla ŋu ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, wosenɛ be ŋliŋlɔɖi aɖe tsoa hamea katã dome. Metsi tsitre ɖe nye afɔwo dzi nɔ ta la me ɖem kple nuxɔxlɔ̃ nam wu gaƒoƒo eve, eye nye gbe nɔ ŋku xɔm. Metɔ nuƒoƒo eye mefa avi kple ɣli ɖe ame lɔlɔ̃a mawo ta kple sese deto si ame si Mawu yɔ be wòagblɔ yeƒe nyateƒe na nuvɔ̃wɔlawo koe nya. Ga asieke ƒo, eye mɔɖeɖe na ame bubuwo be woaƒo nu ate ŋu akplɔ takpekpea yi ŋgɔ va se ɖe zãtitina. Enyo wu be woawu enu le sese deto si nɔ afi ma la me, gake woagbã aɖe mɔ na amewo katã be woati Aƒetɔ la ƒe akpa. Eya ta meyɔ ame siwo katã le hamea me siwo alɔ̃ ado gbe ɖa kplim, kple ame siwo di be woatsɔ wo akpɔ nublanui ƒe fiazikpui la ŋkume, be woanɔ klalo akpe Ðela la kple dzidzɔ le eƒe vava zi evelia la, be woatsi tsitre. Abe ale si ame siwo nɔ xɔ gã ma ƒe teƒe vovovowo gblɔ nam emegbe ene la, ame sia ame le xɔa me tsi tsitre. Le gbedodoɖa kpui aɖe megbe la, takpekpea wu enu.
GSAM 138.2“Le ŋdi si kplɔe ɖo la, metrɔ gbɔ yi du la me, eye ame siwo va Baptista ƒe Lɔlɔ̃nu Ablɔɖe hame ƒe ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe me takpekpe ma la ƒe mama enyi me adre ya teti kplɔm ɖo. Ame sia ame nɔ nu ƒom tso takpekpe nyui si ŋutikɔkɔe le ŋu, si woɖe fiẽ si va yi me la ŋu.
GSAM 138Yɔyɔwo Be Woatsɔ Gbedeasi La Ayi Teƒe Bubuwo
GSAM 138.3“Le dzudzɔɣi la, ame siwo va ɖo ame bubuwo teƒe kple mawunyagblɔlawo kpem be mawɔ ɖoɖo kple yewo tso ɣeyiɣi si mate ŋu aƒo nu na hame vovovo siwo nɔ ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe me takpekpe ma me, siwo si subɔsubɔxɔ gãwo le la ŋu. Ƒe ɣleti 2 titinae wònɔ ɣemaɣi, eye wowɔ nyametsotso be kwasiɖa ade ko alo esi mede nenema o koe susɔ si me sno dzi vukuku anyo nyuie, si ana mɔ nyui amewo be woava takpekpeawo. Wotia teƒe vevi 12 na nye dɔwɔwɔ le kwasiɖa ade ma me. Ele be maƒo nu zi ewo, si bia be maƒo nu zi 20 le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Esia na ŋkeke afã ɖeka ko le kwasiɖa ɖesiaɖe me nam, si zi geɖe mekpɔ be ehiã ŋutɔ be mazã ɣeyiɣi ma azɔ mɔ mila 15 alo 20 ayi takpekpeƒe si kplɔe ɖo la.”5
GSAM 139Ame Alafa Geɖewo Trɔ Dzi Me
GSAM 139.1Gbɔgbɔme nyɔnyɔ kple ame alafa geɖewo ƒe dzimetɔtrɔ kplɔ Kristo ƒe vava ƒe nufiafia la ƒe gbeƒãɖeɖe ɖo le afi sia afi, vevietɔ esi wonɔ te ɖe Yudatɔwo ƒe ƒe 1843 ƒe nuwuwu (ƒe 1844 ƒe ɣleti 3, ŋkeke 21) ŋu la. Le vuvɔɣi ma me la, agbalẽŋlɔla sia se nya tso nyati sia ŋu zi gbãtɔ le eƒe dzɔmedu—Victor, N.Y.—me, eye togbɔ be ƒe 12 koe wòxɔ hã la, exɔ Kristo ƒe vava zi evelia ƒe xɔse la ɖe asi le go si me wòse egɔme va se ɖo. Nya la wɔ dɔ deto le amewo dzi ŋutɔ, le takpekpeawo me kple afi sia afi hã. Ɣemaɣi la, Victor nye du sue aɖe si me ame abe 200 ene koe nɔ, gake ame geɖewo nɔ anyigba si ƒo xlãe la dzi. Abe takpekpe siwo wowɔ le du sue ma me la ƒe emetsonu ene la, wogblɔ be ame 500 trɔ dzi me.
GSAM 139Ðaseɖiɖi Tso Metodisttɔwo ƒe Ƒegbalẽ Me
GSAM 139.2Ku ɖe gbɔgbɔme nyɔnyɔ ƒe ƒutsotso sẽ si kplɔ Kristo ƒe vava ƒe gbeƒãɖeɖe ɖo la ŋu la, míekpɔ le Metodisttɔwo ƒe Ƒegbalẽ me be “le ƒe ene siwo de tso 1840 va se ɖe 1844 la me la, ame 256,000 trɔ dzi me le Amerika.” Nusi nɔ eme le Amerika la nɔ eme le dukɔ bubu siwo me woyɔ amewo le hã. “Ŋusẽ gã aɖe nɔ gbeƒãɖeɖea yome, eye amewo trɔ dzi me le afi sia afi.” Esi srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuɖu la ƒe yɔyɔ gbãtɔ yi hameawo gbɔ,—“ame siwo wokpe la,”—la, to wo dzi la, ekeke ɖe ame siwo katã alɔ̃ ava axɔ gome le ɖeɖekpɔkpɔ si le Mawu ƒe amewo lalam la ŋu. Ne woɖe gbedeasi la ƒe gbeƒã, wogblɔe le gbedodoɖa me alo wodzii le “Kristo ƒe vava ƒe hadzidziwo” me la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ sẽ nɔ dɔa yome.
GSAM 140Ðeviwo Le Gbeƒã Ðem le Sweden
GSAM 140.1Le nya sia ƒe kadodo me la, míakpɔ ale si Aƒetɔ la wɔ dɔ be wòadze gbeƒãɖeɖea gɔme le dukɔ siwo me se la gbé nu sia nu si tsi tsitre ɖe “hame si dzi dziɖuɖu la ɖo kpe” la ŋu ƒe gbeƒãɖeɖe. Sweden nye dukɔ mawo dometɔ ɖeka. Le afi ma la, Aƒetɔ la zã ɖevi suewo be woagɔme dɔa. Nu sia ƒe ɖeɖefia gbãtɔ dzɔ le ƒe 1843 ƒe dzomeŋɔɣi me le Eksjö, le Sweden ƒe dziehe. Nyɔnuvi sue aɖe, si xɔ ƒe atɔ̃ ko, si mesrɔ̃ agbalẽxexlẽ alo hadzidzi kpɔ o la, dzi Luther ƒe hame ƒe ha didi aɖe nyuie le ŋkeke aɖe dzi, le bubu kɔkɔe gã me, eye emegbe la, egblɔ kple ŋusẽ gã aɖe be “eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la ɖo,” eye wòxlɔ̃ nu ƒomea me tɔwo be woasra wo ɖokui ɖo akpe Aƒetɔ la; elabena egogo vava. Ame siwo metrɔ dzi me le ƒomea me o la yɔ Mawu be wòakpɔ nublanui na yewo, eye wokpɔ tsɔtsɔke. Azɔli sia keke tso du me yi du me, eye ɖevi bubuwo hã nɔ gbedeasi la gblɔm. Azɔli ma ke dze le ɖeviwo dome vie le Norway kple Germany hã.
GSAM 140“Ɛ̃! Ele be maɖe gbe”
GSAM 140.2Le 1896 me, esi mele takpekpe wɔm le Sweden ƒe teƒe wuiadre vovovowo, me to teƒe geɖewo, afi si ɖeviwo ɖe gbe le 1843 me, eye mekpɔ mɔ be maƒo nya kple ame siwo se gbeɖeɖe la, kple ŋutsu siwo ɖe gbe esi wonye ɖeviwo. Mebiã wo dometɔ ɖeka be, “Èɖe gbeƒã Kristo ƒe vava ŋu esi nè nye ɖevia?” Eɖo eŋu be, “Ɖe gbeƒã! Ɛ̃, ele be maɖe gbe. Menye nye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoe o. Ŋusẽ aɖe va dzi nam, eye meɖe nu si ŋusẽ ma ɖea gbe be maɖe.”
GSAM 140Boquist kple Walbom le Örebro, Sweden
GSAM 140.3Le Örebro Län (nutome ƒe akpa) me la, dɔ sia ɖe ɖe edzi vaseɖe ɣe si woʋã ame tsitsiwo hã be woaɖe gbedeasi la gbeƒã. Emegbe dukɔ ƒe dziɖulawo, esi hame si wotu ɖe anyi la ƒe nunɔlawo ʋã wo la, lé ɖevi ŋutsu eve, Walbom si xɔ ƒe wuienyi kple Ole Boquist si xɔ ƒe wuiatɔ̃, eye wogblɔ be yewoawɔ wo ŋu kpɔɖeŋu le ameawo ŋkume. Wotsɔ ati siwo woyɔna be birch la ƒe alɔ suewo ƒo wo ƒe megbe siwo ŋu awu mele o, eye wode wo, woƒe abiwo le ʋu me, Örebro gaxɔ me. Esi abiwo dzo la, woyi ɖe wo ɖa le gaxɔ me, eye wobia wo be, “Miadzudzɔ nufiafia sia ƒe gbeƒãɖeɖea?” Togbɔ be wogatsɔ ati ƒo wo zi evelia, eye abiwo gaʋu ake hã la, woƒe ŋuɖoɖo ɖeka ko nye be, “Míaɖe gbeƒã nya si Aƒetɔ la de se na mí.” Örebro ƒe hamevi nyɔnu ŋkutatɔ aɖe ƒe kukuɖeɖe ta la, Fia Oscar I. gblɔ na amegãwo be woɖe ɖevi siawo ɖa le gaxɔ me, eye woagblẽ ameawo ɖe asi. Ale nyateƒe la ɖu dzi le Sweden.
GSAM 141Boquist ƒe ɖaseɖiɖi
GSAM 141.1Le Numedzodzro Kple Gbeƒãɖela me, le October 7, 1890, woŋlɔ ŋutinya vevi aɖe tso ɖeviwo ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu, eye O. Boquist ŋutɔe ŋlɔe. Egblɔ be—
GSAM 141.2“Le ƒe 1843 me la, mawunyawɔwɔ ƒe dzɔdzɔ va ameawo dome le Karlskoga ƒe hamenutome, le Örebro Län. Ame siwo kplɔa dɔ siae nye ɖeviwo kple sɔhɛwo, eye wo yɔ wo be ‘rapare.’ Woɖe gbeƒã kple Mawu ƒe ŋusẽ, eye woɖe gbeƒã le ameawo ŋkume kple kakaɖedzi gã be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo va.”
GSAM 141.3“Le ƒe ma ƒe ɣeyiɣi si me atiwo ƒe aŋgbawo dzea anyi le la, nye O. Boquist, si xɔ ƒe wuiatɔ̃ ɣemaɣi, kple sɔhɛ bubu, Erik Walbom, si xɔ ƒe wuienyi la, ŋusẽ si ame mate ŋu akpɔ kple ŋku o la wɔ mí ŋu ale gbegbe be míete ŋu tsi tre ɖe eŋu kura o. Esi ŋusẽ si tso dziƒo la ɖu mí la, míedze nuƒoƒo kple ameawo, eye míeɖe gbeƒã kple gbe sesẽ be ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo va, eye míeɖo wo ɖe Yoel 2:28-32 kple Nyaɖeɖefia 14:6, 7 ŋu.”
GSAM 141Ɖeviwo le ŋutega me
GSAM 141.4Ameawo gblɔ nam be ame siwo ŋusẽ si tso dziƒo la wɔ ŋu alea la, woƒe susu yi le nu siwo le wo ŋu katã ŋu. Nyateƒe, Mawu ƒe ŋutega me wonɔ, eye woƒo nu kple ŋusẽ si ʋã ameawo ƒe dzitsinya vevie. Wogblɔ be esi ɖevi sue siawo le ŋusẽ ma te la, woƒoa nu kple ŋusẽ kple bubu abe ŋutsu kple nyɔnu tsitsiwo ene. Ale ame siwo kpɔ nu sia la ɖo ŋu be Aƒetɔ lae le wo zãm abe nyagblɔɖilawo ene be woaɖe nyateƒe vevi siawo gbeƒã. Ŋlɔla la yi edzi be—
GSAM 142.1“Ameawo ƒo ƒu le ameha gãwo me be yewoase mí, eye míaƒe takpekpe yi edzi le ŋkeke kple zã me; eye mawunyawɔwɔ ƒe ŋkɔkɔ va eme. Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, eye wodo ɣli na Aƒetɔ la be wòakpɔ nublanui na yewo, eye woʋu woƒe nu vɔ̃wo me le Mawu kple amewo ŋkume.”
GSAM 142.2“Ke esi hame la ƒe nunɔla se nu sia la, wodze agbagba geɖe be yewoana míazi ɖoɖoe, eye yewoatɔ te mawunyawɔwɔ ƒe ʋuʋu si le ameawo dome; ke agbagba siawo katã zu dzodzro. Emegbe wobia kpovitɔwo ƒe amegã la be wòalé mí, eye kwasiɖa ade sɔŋ wodi mí dzodzro le ave me, afi si míesi ɖo.”
GSAM 142.3“Emegbe la, woyɔ mí be míava nunɔla la ŋkume. Míaƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ale be sɔhɛ ŋutsuwo kple nyɔnuwo blaene va nunɔla la ƒe aƒe me, afi si wodrɔ̃ ʋɔnu mí ɣeyiɣi didi. Woɖe ameawo katã asi be woayi woƒe aƒewo me, negbe nye kple Walbom ko; ke wode mí, eye ŋkeke si kplɔe la, wode mí dzikpɔkpɔ me le Örebro gaxɔ me, eye wode mí kple fiafitɔwo ɖe xɔ 14 me, abe míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe ene.”
GSAM 142Boquist ƒe nɔvinyɔnu ƒe ɖaseɖiɖi
GSAM 142.4Le September 22, 1896, Boquist ƒe nɔvinyɔnu, si xɔ ƒe blaadre-vɔ-eve, va míaƒe takpekpe le Örebro, eye wògblɔ mía be nɔvia ƒe nusiwo dzɔ, elabena ekpɔe esi woƒo eŋu, esi wodee gaxɔ me, kple esi woɖee ɖa. Edzi ha si Boquist kple Walbom dzi esi wotso gaxɔ me va kɔta si te ɖe gaxɔ la ƒe tsiƒe ŋu, afi si gaxɔ la nɔ le fiasã si wotu le ƒe alafa wuiadelia me, eye wotsɔe wɔ gaxɔ le 1843 me. Ŋusẽ si le 1843 ƒe azɔli me la kplɔ ɖaseɖiɖi kple haɖoɖo la. Esi woɖe egɔme ɖe Eŋlisigbe me la, ha lae nye esi:—
GSAM 143Ha si Boquist kple Walbom dzi
GSAM 144Ɖevi si ɖe gbeƒã le Karlskoga
GSAM 144.4Ŋutsu aɖe le Örebro gblɔ nu si dzɔ le Karlskoga, afi si enɔ le 1843 me, nam. Egblɔ be—
GSAM 144.5“Ɖevivi ŋutsu aɖe si xɔ ƒe enyi, si mesrɔ̃ agbalẽxexlẽ kpɔ o, dze gbeƒã gbedeasi la, eye wòtsɔ Ŋɔŋlɔ ƒe nyawo geɖe yɔ. Ameawo gblɔ be, ‘Ɖevivi ma yɔ Biblia blibo.’ Nu sia dzɔ le Fia Oscar ƒe nuƒoƒo ɖe ame siwo woti yome la ta megbe; eya ta nunɔla si le afi ma mete ŋu tsɔ ɖevivi la ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkume be yeaɖe dɔa asi o. Ke egblɔ na ameawo be woatsɔ ɖevivi la ava eŋu, eye yeaɖe eƒe manyamanya ɖe go, eye yeafia wo be ɖevivi la menya Biblia o.”
GSAM 144.6“Ame geɖe ƒe ŋkume la, nunɔla la ʋu haɖoɖo ƒe agbalẽ, eye wòbia ɖevivi la be wòaxlẽ na ye. Ɖevivi la ɖo eŋu be, ‘Nyemate ŋu axlẽ o’; ke etrɔ megbe de nunɔla la, eye wòdzi ha la pɛpɛpɛ tso gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu, esi nunɔla la kpɔa agbalẽ la dzi kple nukunu. Nunɔla la gblɔ na ɖevivi la be, ‘Edze abe ènya nu sia nu ene.’ Ɖevivi la ɖo eŋu be, ‘Ao. Womeɖea mɔ na mí ɣesiaɣi be míagblɔ nu siwo katã míenya o.’”
GSAM 145.1“Emegbe nunɔla la ʋu Nubabla Yeye, eye wògblɔ na ɖevivi la be, ‘Xlẽ nam le agbalẽ sia me.’ Ɖevivi la ɖo eŋu be, ‘Nyemate ŋu axlẽ o.’ Nunɔla la bia be, ‘Nu ka nènya tso Biblia ŋu?’ Eƒe ŋuɖoɖo nye be, ‘Menya nuŋlɔɖi aɖe si me woŋlɔ nya ‘kple’ zi wuie-ene.’ Nunɔla la gblɔ be, ‘Ao! Nuŋlɔɖi sia tɔgbi meli Biblia me o.’ Ɖevivi la gblɔ be, ‘Taflatse, xlẽ Nyaɖeɖefia 18:13 nam.’ Nunɔla la gblɔ be, ‘Ɛ̃.’ Esi wòxlẽe la, ameawo xlẽ nya la, eye nyateƒe, nya ‘kple’ la le afima zi wuie-ene, eye zi wuie-ene la dometɔ ɖeka nye ‘amewo ƒe luʋɔwo ƒe babla.’ Ameawo ɣli be, ‘Afima! Afima! Ɖevivi la nya Biblia wu nunɔla la!’ Esi ŋu kpe nunɔla la ŋutɔ la, etsi nya la ɖa, eye emegbe egblẽ ameawo ɖe asi.”
GSAM 145.2Eya ta, ɖeviwo ƒe nu me Aƒetɔ la ɖo eƒe nya ƒe nyateƒe ɖe anyi, eye le mɔ nukunu sia dzi eƒe nyateƒe va ameawo ƒe to me, ame siwo ƒe sewo meɖe mɔ na mawunyawɔwɔ siwo bubu ɖe ‘hame si wotu ɖe anyi’ ƒe nufiafia ŋu o.
GSAM 145Gbɔgbɔ ƒe nunana si kpe ɖe gbedeasi la ŋu
GSAM 145.3Menye le Sweden ɖeka koe Aƒetɔ la, le Mɔkpɔlawo ƒe azɔli la me, ƒo nu na eƒe amewo to eƒe Gbɔgbɔ ƒe nunanawo dzi o. Le Scotland, England, kple America hã la, Aƒetɔ la fia nu eƒe amewo to ɖeɖefia tɔxɛwo dzi.
GSAM 145William Foy ƒe ŋutegawo
GSAM 145.4Le ƒe 1842 me la, ame ŋutsu si xɔ nufiafia nyuie, si woyɔna be William Foy, nɔ Boston, Mass., eye enye nuƒola nyui. Enye Baptist, ke ele ŋgɔyiyi be woaɖo asi kɔkɔe ɖe eŋu be wòanye Episcopal ƒe mawunyagblɔla. Le ƒe 1842 me la, Aƒetɔ la wɔ nublanui nɛ eye wòna ŋutega eve nɛ, ɖeka le January 18, evelia le February 4. Ŋutega siawo fia ƒãa be Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe ɖeɖefia vavãwo wonye. Woyɔe tso teƒe ɖeka yi bubu me be wòagblɔ nu le mawunyawɔƒewo me, menye Episcopalians ko o, ke Baptist kple hame bubuwo hã. Esi wòƒoa nu la, ezãa mawunyagblɔla ƒe awu, abe hame ma ƒe subɔlawo zãnɛ le woƒe subɔsubɔ me ene.
GSAM 146.1Foy ƒe ŋutegawo ƒo nu tso Kristo ƒe vava si gbɔna, Mawu ƒe amewo ƒe zɔzɔ yi du dziƒo, anyigba yeye, kple ame siwo woɖe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu. Esi wònya gbe nyuie, eye wòte ŋu ɖɔa nuwo ƒe nɔnɔme nyuie la, ewɔ ameawo ƒe dzitsinya ƒo le afi sia afi si eyi. Woyɔe eye eyi duwo me tso ɖeka yi bubu me be wòagblɔ nukunu siwo ekpɔ; eye be yeaɖe mɔ na ameha gã siwo ƒoa ƒu be yewoasee la, wokpɔ xɔ gãwo, afi si egblɔ na ame akpe geɖe nu siwo woɖe fiae tso dziƒo ƒe xexeme, Yerusalem Yeye ƒe nyonyo, kple mawudɔla ƒe hawo ŋu. Esi wòƒoa nu tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ si le nublanui na nu vɔ̃ wɔlawo ŋu la, eɖe kuku na ame siwo metrɔ dzime o la be woadi Mawu, eye ame geɖe ɖo eƒe kukuɖeɖe ŋu.
GSAM 146Ŋutega tso teƒe etɔ̃awo ŋu
GSAM 146.2Eƒe dɔ yi edzi vaseɖe ƒe 1844, esi ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu gbɔna. Emegbe Mawu na ŋutega bubu nɛ, ŋutega etɔ̃lia, si meɖe eme nɛ o. Le ŋutega sia me la, wofia Mawu ƒe amewo ƒe mɔ yi du dziƒo nɛ. Ekpɔ teƒe gã aɖe, alo afɔɖeɖe, afi si ame akpe geɖe ƒo ƒu. Ɣeaɖewoɣi ame aɖe dzea anyi tso teƒe ma dzi, eye wogblɔna nɛ tso ame ma ŋu be, “Etrɔ le mɔa ŋu.” Emegbe ekpɔ ameawo ƒe yiyi yi teƒe evelia, alo afɔɖeɖe, eye ame aɖewo hã dzea anyi tso teƒe ma dzi. Le nuwuwu la, teƒe etɔ̃lia va, eye wòɖo yi du kɔkɔe la ƒe ʋɔtruwo gbɔ. Ameha gã aɖe ƒo ƒu kple ame siwo yi teƒe sia dzi. Esi Foy nɔ mɔkpɔm be Aƒetɔ Yesu ava enumake la, mede dzesii be gbedeasi etɔ̃lia akplɔ gbedeasi gbãtɔ kple evelia siwo le Nyaɖeɖefia 14 me ɖo o. Eya ta ŋutega la menɔ eme nɛ o, eye etsi nuƒoƒo le ameawo dome ɖa. Le nyagblɔɖi ƒe ɣeyiɣi la ƒe nuwuwu megbe, le ƒe 1845 me, ese ame bubu wògblɔ ŋutega ma ke, kple gɔmeɖeɖe be “woɖe gbedeasi gbãtɔ kple evelia, eye etɔ̃lia akplɔe ɖo.” Emegbe kpuie Foy dze dɔ eye wòku.
GSAM 147.1Le Mawu ƒe ŋusẽ ƒe nunana siawo kple gbeƒãɖeɖe tso eƒe vava ‘le ʋɔtruwo gbɔ’ ŋu, kple ame akpe geɖe ƒe dzidzɔ, esi wotrɔ tso nu vɔ̃ ŋu be yewoaɖe Aƒetɔ la subɔ, eye yewoakpɔ mɔ na eƒe vava la, ameawo xɔe dzi zi eve be nyateƒe, Aƒetɔ la ƒe gbedeasi na xexeme ye.
GSAM 147.2Ke March 21, 1844, va, eye wòyi, eye Aƒetɔ la meva o. Ke ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la vevie eye wobua tame nyuie la ƒe kakaɖedzi nye be yewozɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe susu nu, eye le ɣeyiɣi si dze la me la, woaɖe nu sia nu ƒe gɔme ɖe eme.